Philippians 3

Migaɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu o

1Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, midzɔ dzi le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedienɔnɔ. 2Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, 3elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo dzɔa dzi le Kristo Yesu me eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, 4evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui, 5elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. 6Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔe menye.

7Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Yesu ɖeka ko. 8Ẽ, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womega ɖi naneke le nye ŋkume o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi, 9eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo vevie ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ ko ŋuti. 10Azɔ la, meɖe asi le nu bubu ɖe sia ɖe ŋuti. Meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo eye míanye nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ku me la ŋu; to esia me míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. 11Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me, la dometɔ ɖeka.

Dzesiɖoƒe yometiti

12Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13Nɔvi lɔlɔ̃wo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be; meŋlɔa nu siwo le megbenye la be eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔ nye la gbɔ. 14Mele dzisiɖoƒe la mi nyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo be manyi agbe mavɔ dome.

15Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la nakpɔ nu siawoe. Ke ne wò susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia wò. 16Ke ɖeko miana míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.

17Nɔvi lɔlɔ̃wo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu eye mialé ŋku ɖe ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi nu la ŋuti. 18Elabena egblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be, ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, esiwo, le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. 19Woatsrɔ̃ gbidigbidi, elabena nu sia nu si dzro wo lae zua woƒe mawu; nu si wòle be wòakpe ŋu na wo la boŋ zua dada blibo na wo eye nu si ko ŋuti wobua tame lena lae nye agbenɔnɔ le anyigba dzi afii. 20Ke míawo la dziƒoe nye mía de afi si mía Ɖela, Aƒetɔ Yesu Kristo le eye míele mɔ kpɔm be agatso afi ma ava. 21Ne egatrɔ va la, atrɔ míaƒe ŋutilã siwo ŋu anyigbadzi gbɔdzɔgbɔdzɔ le la eye woazu ŋutikɔkɔe ŋutilã siwo ŋu ŋusẽ le abe eya ŋutɔ tɔ ene, to ŋusẽ triakɔ ma si wòatsɔ aɖu nu sia nu dzii le afi sia afi la ŋutidɔwɔwɔ me.

Copyright information for EweBEE